Outline Media

Outline Media

Share

Outline Media/ Xploit Entertainment is an online information outlet and entertainment source. Don't forget to follow

06/12/2023

The evolutionary journey of snakes: the incredible evolutionary ability of snakes to appear with so many legs surprises scientists.














26/09/2023

Queen of vawulence Nana Abena Korkor Addo

02/09/2023

DUMEGÃ GAYIBƆ (Akpa enelia).

Dee wodze be nuɖiaɖia siwo katã Dzigbɔɖi na Semenyo la nawɔe be Semenyo ŋutɔ nadzo le aƒenɔ Fɔmaɖi ƒeme hafi. Ke nukutɔe la, Dzigbɔɖi ƒe azɔli, eƒe nuƒo kpakple aleyi so fe aɖutamee nɛ la le ko abe Seƒemɔ tɔwo ene eyata Semenyo meteŋu ne yeakpɔ dziku ɖe eŋu o. Ɣesiaɣi kloe ko la, Semenyo nɔa Dzigbɔɖi kpɔm dũ henɔa ŋku ɖom eyometɔ Seƒemɔ dzi.
Dzigbɔɖi nya nyuie be Semenyo mefena kple eya kple yedada ƒe aƒetogble kura o eye wonya hã be Semenyo dea afima ŋufɔke ɖesiaɖe hafi trɔna va wɔna aƒemedɔwo. Enya hã be nenye be yefofo gbɔ tso mɔ dzi le ɣesiaɣi la, etsɔa ga home aɖe vaa aƒemee godoo eye ga la nɔa yedzilawo ƒe xɔme. Ɖeko Dzigbɔɖi meteŋu nya nusi tututu tae aƒetɔ Fɔmaɖi tsɔna ga home siawo tɔgbi vana aƒemee ɖa o eye mebia hã o.
Le Kwasiɖa fiẽ aɖe la, aƒetɔ Fɔmaɖi kplɔ aƒeametɔwo katã yi ɖe Hoe be yewoavado dzidzɔ ɖe yewoɖokuiwo ŋu vie. Woyi nuɖuɖu kple aha dzraƒe aɖe yi te ɖe Ziavi ʋudzeƒe ŋu le Ho. Le nyateƒe me la, dzi medzɔ Semenyo le alesi aƒetɔ Fɔmaɖi gblẽ g*e la ŋu o. Aƒetɔ Fɔmaɖi na be amesiame naxɔ koklo blibo ɖeka ke Semenyo gbe be koklota loo alo koklobɔ ɖeka koe yeaɖu. Dzigbɔɖi xɔ ahavivĩ zi nane eye aƒetɔ Fɔmaɖi kple srɔa hã wono ahasesẽ xɔasi aɖe tɔgbi. Ke Semenyo ya gbe be yemele ahavivĩ aɖeke no ge o.

Esi wogbɔ tso gbɔa me la, Semenyo dzo enumake yi eƒe xɔme be yeaɖa srɔ nu ke aƒetɔ Fɔmaɖi kple srɔa ya womeɖo xɔ kaba o. Wonɔ sini kpɔm henɔ nya ɖeka eve aɖewo dzrom kpɔ.
Dzigbɔɖi kpɔe be ɣeyiyi ma tututue nye ɣeyiyi nyuitɔ hena yeƒe ɖoɖowo. Ewɔ dzaa yi ɖe edzilawo ƒe xɔ me heɖatsɔ ga babla eve le afima. Etsɔ ga la yi ɖaɣla ɖe eƒe xɔ me eye womlɔ anyi.
Le ŋufɔke ga ene kple afã lɔƒo la, Semenyo fɔ eye wodo gbe ɖa. Le eya yome la, edze mɔ yi aƒetogble la me be yeaɖa vĩa atadiku aɖewo. Semenyo ƒe ble hã mekpɔ bu ɖe eme kura hafi Dzigbɔɖi ge ɖe eƒe xɔ me o. Enɔ xɔa me ʋẽ hafi do eye woyi ɖakplɔ xexe.
Esi Semenyo gbɔ tso aƒetogblea me la ekpɔ be wokplɔ aƒeame xoxo eye wowɔ nuku nɛ ŋutɔ. Egeɖe xɔa me eye wokpɔ be Dzigbɔɖi nɔ xɔame tutum atraɖii. Semenyo li asi mo elabena ebui be nue yekpe. Esi Dzigbɔɖi kpɔ Semenyo ko la, ete ɖe eŋu eye wodo gbe na eyama. Azɔ Semenyo tɔtɔ keŋ. Tɔtrɔ ka tɔgbie nye esia hã? Alo menye Dzigbɔɖi sia kee fɔna le aba dzi le ga enyi yina ga asieke me oa? Menye Dzigbɔɖie tsɔe ɖo eɖokui dzi be nuƒo koe yeanɔ dodom nam oa? Ke nuka ƒe tɔtrɔe nye tɔtrɔ yeye sia? Ke Semenyo ko alɔgbɔnui mlɔeba hegblɔ le eɖokui me be; "anya nye nyee gbedodoɖawoe le dɔ wɔm."

Ŋu va ke keŋ eye aƒetɔ Fɔmaɖi dze dzadzraɖo gɔme hena dzodzo. Aƒenɔ Fɔmaɖi hã nɔ dzadzram ɖo be yeayi takpekpe aɖe. Semenyo nɔ aƒetɔ William Kɔtse ƒe agbalẽ aɖe si woɖe ŋkɔ na le Iŋlisigbe me be "the woodcutter's billionaire son" la xlẽm le nuɖukplɔ la ŋu eye Dzigbɔɖi hã nɔ Semenyo gbɔ henɔ nuƒo dom ne kple biabia manyatanu aɖewo teti aƒetɔ Fɔmaɖi ƒe ɣli ɖi ɖaa be ; "Nuka gblɔm nele nam? Tsukunɔe menyea? Nye ŋutɔe da ga ɖe afisia, ekae nye be ɖewomahĩ meŋlɔe be ɖe dɔme? Ɖe nebe yeagblɔ be tsu kumee melea?"
Aƒetɔ Fɔmaɖi do va ɖeviawo gbɔ eye aƒenɔ Fɔmaɖi hã kplɔe ɖo. Etɔ sẽ eye wobia Semenyo be ɖee wotsɔ ga aɖe le yewoƒe xɔ me mahã. Semenyo meke nu kura hafi aƒenɔ Fɔmaɖi xɔe le enu bobobo be Semenyo mefina fi o. Ebe Semenyo vaa yegbɔ ɖaa eye yewɔ dodokpɔ vovovowo nɛ eyata yenya nyuie be mefina fi o. Aƒetɔ Fɔmaɖi blu be; "Ɖe nedi be yeagblɔ be vinye Dzigbɔɖiee nye fiafi le aƒe sia mea?"
Aƒenɔ Fɔmaɖi ɖe eme be yenya be Dzigbɔɖi hã mefia fi o eyata menye nenemae yedi be yeagblɔ hafi o. Nya sia he dzre blibo va aƒetɔ kple aƒenɔ Fɔmaɖi domee. Mlɔeba la, Dzigbɔɖi doe ɖa be ne woanyo la, ne yewokatã yewoadi ga la. Ebe ɖewomahĩ amesi fi gaa la anya ɣlae ɖe teƒe aɖe le aƒeame godoo. Edoe ɖa be yewonetsa yeƒe xɔ me gbã, le eya yome la, yewoatsa Semenyo hã tɔ. Ale wo katã wova lɔ mlɔeba be yewoadi ga la.

Wotsa Dzigbɔɖi ƒe xɔme gake womekpɔ ga aɖeke o. Ke esi wonɔ Semenyo ƒe xɔme tsam la, Dzigbɔɖi keɖe ga la ŋu le semenyo ƒe abati ƒe tagbe lɔƒo eye wohee do goe. Aƒetɔ Fɔmaɖi ƒe dzi ʋlã ŋutɔ. Ekpɔ Semenyo dũ eye wogblɔ nɛ be; "esiawo tae gatɔwo medoa hĩatɔwo ƒe ka o. Ne mevazu adzoblasu o ɖe, aleke nateŋu awɔ akpɔ ga kɔkɔe aɖe. Fɔ wo agbawo ne nadogo le nye aƒeme enumake."
Aɖatsi ko fam Semenyo nɔ ke aƒenɔ Fɔmaɖi yaa mexɔe se be Semenyoe fi ga la o. Etɔ ɖe edzi be menye Semenyoe fi ga la o. Nusia ve dɔme na aƒetɔ Fɔmaɖi ŋutɔ eye eya kpakple aƒenɔ Fɔmaɖi wowɔ dzre vevie.
Mlɔeba la, aƒenɔ Fɔmaɖi va kplɔ Semenyo yi na edzilawo le Kpedze. Dzigbɔɖi ƒe didiwo katã va eme azɔ. Semenyo busutɔ la do go le edzilawo ƒe agbe me.

(If you want us to continue bringing you interesting eʋegbe stories, head to our page and tap the "follow" button now.)
Photo Credit: Unknown Source

21/08/2023

DAAVI ƑE MƆZƆZƆ (Akpa atɔlia)

Esi dɔwɔlawo ƒote nuɖanuawo vɔ la, Daavi tso heɖo ta eƒe aƒe me. meyi ŋgɔ boo hafi ɖo ŋku edzi be yevubolo hiã ye le aƒeme o. Abolodzrala aɖewo dzraa abolo le ablɔ gã si dzi Tsɔekewohã nɔ nu ɖum le le gaƒoƒo ma tututu me. Abolodzrala siawo ƒe abolo nyo ŋutɔ eyata afima koe Daavi ƒlea abolo le. Gbemagbe hã la, Daavi tu ta ablɔ la dzi ne yeaɖaƒle abolo hafi ayi aƒeme.

Le ablɔa dzi la, Daavi kpɔ Tsɔekewo wonɔ fe xem na ɖɔkunudzrala si gbɔ woƒle nuɖuɖua le la. Esi wokpɔ Tsɔekewo ko la, eƒe dzi lã kpo eye wowɔnɛ abe ɖe kpakpaluʋɔe gbogbo aɖewo le dzodzom le yeƒe dɔme ene. Etɔ sẽ eye menya nenye ɖee yeate ɖe Tsɔekewo ŋu loo alo ɖee yeadzo o. Tsɔekewo hã nye kɔ kasia Daavie ma. Eyahã ƒe dzi lã kpo eye wozɔ te ɖe eŋu. Ebia Daavi be nuka wɔƒee wova le ablɔ la dzi hã eye Daavi gblɔ nɛ be abolo ƒleƒee yeva.

Esi Daavi ƒle aboloa vɔ ko la, Tsɔekewo doeɖa be yeava ɖoe ɖa eye Daavi lɔ ɖe edzi bobobo. Le nyateƒe me la, azɔli si Tsɔekewo kpakple Daavi wozɔ Tso ablɔ la dzi yi ɖaɖo Daavi ƒe aƒeme la, nye azɔli vivĩtɔ kekeake si wo ame eve la zɔ le woƒe agbewo me. Woɖo dze geɖee, ko nu, kpɔ dzidzɔ hekpɔ dzidzeme geɖee. Tsɔekewo kpɔ ŋudzedze geɖee le Daavi ƒe nuƒo ŋuti eye Daavi hã kpɔe dzesii be Tsɔekewo ƒe susu kɔ ŋutɔ.

Ewɔ abe ɖee Mawugã sogbolisa ŋutɔ ɖoe ɖe anyi be ame eve siawo natsɔ lɔlɔtɔxe na wonɔewo ene. Dzi dzɔ Daavi ŋutɔ gake esi wonɔ ŋu kpem le Tsɔekewo ƒe ŋkume ta la, meteŋu ɖe ŋudzedze si wokpɔ le aƒetɔvila ŋu fia tututu o.

Esi woɖo Daavi ƒe aƒeme la, Daavi fia eƒe xɔmɔnu Tsɔekewo eye woganɔ xexe ɖo dze vie. Tsɔekewo fia ɣletiviwo ƒe ɖoɖo si eya ŋutɔ be Iŋlisi yevuwo yɔna be kɔnsteleeshin la Daavi ale wonɔ ɣletiviwo kpɔm. Ke zã do keŋ azɔ eye Tsɔekewo bia mɔ le Daavi gbɔ hedze eƒeme mɔ.

Ke Ɖistrɔya hã de dexa ʋuu ɖeɖi te eŋu gake esi wonye Trɔbol tagbɔsesẽtɔ lae ɖe gbe be woanɔ adzame ta la, enɔ afima kpoo hele ayigbeevia lalam.
Le abe zã ga wuiɖeke lɔƒo ko la, Ɖistrɔya se ameaɖe ƒe afɔzi wogbɔna. Dzi dzɔe ŋutɔ elabena enya be Tsɔekewo koe woanyo. Medidi kuraa hafi aƒetɔvi la ɖo egbɔ tututu o. Ɖistrɔya ƒo tome sesẽ aɖe na Tsɔekewo to eƒe megbe alebe Tsɔekewo kpɔ ɣletivi geɖeewo wonɔ agbadza ɖum. Eɖi vo eye meteŋu ke nu kuraa hafi Ɖistrɔya ga lã tagbɔ nɛ o. Tsɔekewo dze anyigba gbloo eye ɣli ɖi le enu be: "nukee mewɔ?"
Azɔ Ɖistrɔya dze edzi eye woxlã kɔ ɖe eƒe ŋkume zi nane. Egblɔ na Tsɔekewo be ne egadzɔ ke la, mega teɖe Kwabena ƒe aƒenɔ Daavi ŋu gbeɖee o. Le esia gbɔgblɔ megbe la, Ɖistrɔya tsɔ atikpo aɖe eye woxlãe ɖe ta na Tsɔekewo sesĩe. Tsɔekewo ƒo tititi eye wodze eme kpoo.
Esi Ɖistrɔya kpɔe alea la, etsɔ Tsɔekewo le sukukpoa dzi eye wotsɔe yi avetsuviaɖe si medidi boo tso woƒe avuwɔƒe la gbɔ o. Egblẽe ɖe afima hedzo le egbɔ.
Esi Kwabena se be Tsɔekewo ku la, dzi dzɔe ŋutɔ elabena eka atam na eɖokui be Daavie nye yeƒe gakpɔmɔnu eyata yemele mɔnage ŋutsu aɖeke woava tɔtɔ yeƒe ɖoɖowo o.

Follow our page Ziavi now for part 6.
Photo Credit: Mzvee

21/08/2023

DAAVI ƑE MƆZƆZƆ (Akpa Enelia).

Togbɔ be fiẽ meɖo o hã la, Tsɔekewo megatrɔ yi eƒe dɔwɔƒe o. Eƒe dzi gbã keŋ eyata eyi aƒeme enumake. Esi woɖo aƒeame la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe akpasa aɖe si wowɔ da ɖe fafa aɖe ƒe la me henɔ ɣe me kpɔm.
Fiase aɖe le Tsɔekewo ƒe aƒe xa tututu eye le ɣemaɣi me tututu la, fiasetɔ la nɔ ha aɖe ƒom le nuƒomɔ xoxo ƒoɖi aɖe dzi. Ha la menyawo gbã dzi na Tsɔekewo keŋkeŋ. Hakpala la gblɔ le blugbe me be: "awɔ weyi ɖie mintumi, mafi ɔdɔ o." Tsɔekewo ƒe blugbe ɖe wole gadagada abe yevukoklo ƒe nukaƒe ene gake eteŋu se ha la gɔme be "avuvɔ le wɔyem ta mele nye adzi susum ɖo."
Aɖatsi lolo ɖe Tsɔekewo ƒe ŋkuwo dzi abe Masametsie ɖo be yeadza ene. Ekpɔ eɖokui dũ eye eɖokui nublanui wɔe ŋutɔ. Eɖe fɔbubu na eɖokui be yee metso kaba o eyata yetɔe medzɔ o.

Tsɔekewo nɔ afima nɔ konyifahawo dzim le susume eye menya kuraa be zã do vɔ keŋ o. Fiasetɔ si le eƒe aƒexa lae te ɖe eŋu mlɔeba hebiae be ɖee naɖe le ewɔm mahã. Tsɔekewo trɔ va eɖokui me azɔ eye wokpɔ be zã do keŋ. Meteŋu ɖo nyaa ŋu na fiasetɔla o. Etso kpla hedze gbɔme mɔ be yeavadi nane avaɖu. Esi woyina la, eto mɔ si wotoa gbesiagbe. Mɔ la to sukukpo aɖe dzi eye wodoa viviti ŋutɔ le zã me gake medoa vɔvɔ na Tsiamevi la o.
Esi Tsɔekewo ɖo sukukpo la dzi la, ekpɔ be ameaɖewo nɔ sukuxɔ ɖekanu nɔ zi yɔm. Ewɔne abe ɖe yese gbevɔe ƒe ʋeʋẽ ene. Azɔ ziyɔnya, ahanonya kpakple atamagũnyawo medoa dzidzɔ na Tsɔekewo o ta eɖe abla heto sukukpoa dzi kaba.

"Amea lae ma, nu la tututue ma, eyae vadze ahĩa nye aƒenɔ."

"Kwabena, Eka ɖe edzia? Ne medɔ Ɖistrɔya ɖe egbɔ fifia vɔ megbe hafi nevagblɔ be menye eyae o la,..."

"Barɔn, nye Kwabena mebe eyae."

Esi Tsɔekewo nɔ eme tsom la, dzeɖoɖo sia nɔ edzi yim le Kwabena kpakple Kumasi-'dzogli sesẽ Trɔbol dome. Wo ame eve la kpakple Trɔbol ƒe gaŋgaliawoe le zia yɔm le sukukpoa dzi.

Tsɔekewo yi ablɔgã aɖe dzi afisi nuɖuɖudzralawo sɔgbɔɖo fũ eye woƒle ɖɔkunu kple atadi.

Le fiẽ ma me la, dzi nɔ daavi dzɔm ale gbegbe. Enɔ lɔlɔhawo dzim henɔ alɔgbɔnui kom. Ha ɖeka aɖe si wodzi enuenue nye eʋedome lɔlɔha aɖe be: "maɖee, maɖee maɖee loo, koŋ ɖee, ne etɔ melɔ o tse maɖee, ne nɔa melɔ o tse maɖee, koŋ ɖee."
Eɖoe be ne Kwabena va yegbɔ le eveagbe la, yeaɖe kuku nɛ be woafiaye Tsɔekewo ƒe dɔwɔƒe ne yeava kpɔ nane ɖa.
Eyi ŋugble me le eɖokui me hegblɔ be: "edze be mate ɖe eŋu ne manyae nyuie. Gake ne meyi ɖee, maadze abe ɖee nua le dzidzɔm nam akpa oa? Ke nemegatrɔ va o ɖe?" Daavi ƒe susu tɔtɔ eye menya nusi yeawɔ o. Mlɔeba la, eva ɖo kpe edzi be Kwabena koe ateŋu aɖo aɖaŋu le nya la ŋu eyata yeakpɔ mɔ nɛ.

Trɔbol, amesi nye adzoblasuwo ƒe nunɔla la, dɔ eƒe gbesevi, Ɖistrɔya be woava de dexa ɖe Tsɔekewo "ayigbevi-ƒoɖi" ma ŋu alebe ne wotrɔ gbɔna ko la, yewoateŋu agblẽ nu le eŋu.

Like our page for part 5
Ketchapp

21/08/2023

DAAVI ƑE MƆZƆZƆ (Akpa etɔlia)

Daavi tɔ abe aɖabaƒoƒo etɔ ene eye megblɔ nya aɖeke o. Le aɖabaƒoƒo mawo katã me la, afifia tso kpe Tsɔekewo eye eƒe nu me tɔ dzo elabena evɔ be ɖewomahĩ daavi agbe yeƒe ahĩadzenyawo. Tsɔekewo bu susu alea elabena ese Kwabena ŋkɔ nyuie eye wose eƒe ahĩawɔwɔ ŋutinya geɖee alebe esi wokpɔ alesi Kwabena geɖe wogbɔe agoo madomado ko la, eƒe dzi xlɔ nui be Kwabena kple Daavi woanyanɔ ahĩa me.
Tsɔekewo nye amesi medea ŋukpe nugbe kura o eyata egblɔ na Daavi be ne yeƒe nya la dzee kpo la, ekema yeana ɣeyiyi aɖee ne woatsɔ abu eŋue akpɔ. Daavi hã kpɔ dzidzɔ le nya sia ŋu elabena togbɔ be enye nyɔnu dzetugbe dɔsesẽwɔla hã la, ŋutsuwo meteaŋu tea ɖe eŋu kple ahĩanya fũ o. Ɖeko menya nenye ɖee ŋutsuawo katã le yevɔm loo alo ɖee wobui be srɔ loo alo ahĩavi ɖe wole yesi o. Gake enye nyateƒe be nya la dzee kpo eye menya nusi yeagblɔ o. Elɔ ɖe edzi be yenya hĩa ɣeyiyi kpui aɖe.
Tsɔekewo bia mɔ eye wodogo le wo gbɔ. Esi wodo ɖo xexe la, eƒe dzi se vivĩ gase veve dada ziɖeka.
Ese vivĩ be yeteŋu si le ŋukpe triakɔ si yekpe kloe la nu eye wose veve be nyɔnu si yeƒe dzi lɔ ale gbegbe la hã geɖe Kwabena nyɔnunyawɔla ma ƒe adoboli me. Eɖe hũ, ʋuʋu ta kpaɖakpaɖa hedze eƒememɔ dzi kpoo.

Tsɔekewo ƒe ble hã mebu hafi Kwabena ɖee le eme ɖa be: "kapita nu ɔsi ɖeŋ?" si gɔmee nye: "atikpala la be aleke?" o.
Azɔ xɔlɔ aɖeke mele Daavi si le Kumasi du bliboa me o. Eƒe nuɖazewo kple nuɖatsiwo koe nye exɔlɔwo. Nyasela aɖeke mele eyama si o eyata etsɔ Kwabena abe yeƒe nyasela. Daavi ɖoa eƒe dze gogloewo kura hã kple aƒetɔvi sia. Egblɔ nya si Tsɔekewo tsɔ va egbɔe la na Kwabena. Kwabena nɔ to dzi se nyasianya eye eƒe dzi ʋlã ŋutɔ gake edze agbagba ɖu eɖokui dzi. Medzɔ dzi na Kwabena be Tsɔekewo tsɔ nenem nya sia va Daavi gbɔ o. Eyi ŋugble me ʋĩ hebia eɖokui be: "kapita ƒo ɖi sia mebua ame kura oa?" Eyi edzi be "ɖee wodi be yeatɔtɔ nye ɖoɖowoa? alo menya be ɖee mewɔ ɖoɖo ɖe aƒenɔ sia ƒe ga gbogbo si wɔm wole le Kumasi du sia me la ŋu oa? Edze be mayɔ nye gangaliawo ne woafia nanee nam."

Kwabena! Kwabena!!! kwa... daavi do ɣli sesiẽ eye Kwabena ɖi vo. Daavi biae be nuka bum wole hafi do le eɖokui me nenema mahã eye Kwabena ɖo eŋu alakpatɔe be yeƒe lãme mele yewɔm nyuie o. Ebia mɔ enumake hedzo le Daavi gbɔ.

Like our page for the continuation.
Shatta wale(shatta movement)

21/08/2023

DAAVI ƑE MƆZƆZƆ. (Akpa Evelia).

Le Dzoɖa ŋdɔ aɖe esi Daavi nɔ ɖiɖim ɖe eme la, dɔwɔlawo dometɔ ɖeka va gblɔ ne be aƒetɔvi aɖe le edim. Daavi bia tso eƒe dɔwɔlala si be woakplɔ amedzro la va yegbɔe.
Esi amedzro la nɔ anyi heno tsi vɔ ko la, eɖe eɖokui fia Daavi. Ebe yeƒe ŋkɔe nye Tsɔekewo eye yetso Tsiame le Akatsi gbɔ lɔƒo. Daavi menya nusi tututu ta Tsɔekewo va eƒe nudzraƒe ɖo o eyata enɔ to dzi vevie be yease eƒe amani.
Tsɔekewo yi edzi be yenye Atikpala eye yeƒe dɔwɔƒe medidi fũ tso Daavi ƒe nudzraƒe gbɔ o. Ebe togbɔ be yenɔ Daavi kpɔm le adzɔge ʋĩ ɣesiaɣi kloe hã la, yemeteŋu te ɖe eŋu kpɔ o. Azɔ Daavi tɔtɔ keŋkeŋ. Ebia Tsɔekewo be ɖe yedze agɔ aɖe le edzi mahã gake Tsɔekewo be gbeɖe.
Tsɔekewo yi edzi gblɔ be: "Menye woe dze agɔ le dzinye o, dzɔgbesee wɔ vodada. Metsa le blukɔ do vivitiwo me di nye agbaƒuti ʋu do kpo. Gake Esi mekpɔwo mlɔeba ko la, nye dzi dzesii be woe nye nenem gbaƒuti ma. Eyatae meva be mabiawo be nenye be srɔ mele asiwo o la, ekema miateŋu asrɔ mianɔewo."
Daavi gbɔ fũ abe gamee woɖe asi le eŋu ene. Ebu tame vie gake hafi woakɔ nu agblɔ nya aɖe la, Kwabena ge ɖe wodzi henɔ anyi ɖe wogbɔ.

Like our page for the continuation.
Stonebwoy

21/08/2023

DAAVI ƑE MƆZƆZƆWO.

Edzrom Egbe be mato gli aɖe na nɔvinye eʋeawo. Ne ese eʋegbe la, ekema ateŋu ase nye nya.

Eʋe nyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Asanteawo ƒe du gã yi woyɔna be Kumasi la me. Nyɔnu sia nya nuɖaɖa ŋutɔ eyata eɖo nuɖuɖu dzraƒe ɖe Kumasitɔwo ƒe lɔridzeƒe gãtɔ la tututu.
Kumasi ɖekakpui kple ɖetugbiwo da ŋkɔ ɖe nyɔnu sia dzi be daavi eye ɣesiaɣi kloe ko la, ameaɖe nɔa daavi dzi be yeaƒle nu godoo. Daavi mekpɔ asi ne woatsɔ xɔ ga o. Ewɔe be medidi fũ hafi Daavi va zu hotsuitɔ o. Aƒenɔ sia ƒe nuɖuɖudzraƒe keke ta eye woxɔ dɔwɔla geɖee.

Ɖekakpui aɖe nɔ Kumasi si ƒe ŋkɔe nye Kwabena. Kwabena nye Asantevi akuakua eye meteŋu tsa du tututu o. Dɔ aɖeke menya wɔna na Kwabena o. Kwabena lea tsi zi nane gbe ɖeka, ɖoa awu dzi wodzɔna pĩĩ eye wofea ɖa me pĩ. Kwabena nye amesi Iŋlisiawo yɔna be "kasanova" yi gɔmee nye nyɔnunyawɔla gã. Togbɔ be dɔ aɖeke menya wɔna na Kwabenya o hã la, Kwabena tea ŋu dea ahanoƒe adodoe yiwo le Kumasi eye woxɔŋkɔ ŋutɔ.
Aƒetɔvi sia nye Daavi ƒe nuƒlelawo dometɔ ɖeka. Ne Kwabena va ɖo Daavi gbɔ la, eƒlea nu abe duadza dzie wobe yeakpɔ ene. Nyilã, Koklolã, Gbɔglã, Tsaxelã kpakple xɔlã geɖee yia nugbe ɖe fufua ti yaa godoo.
Daavi kpɔ ŋudzedze geɖee le Kwabena ƒe nuƒeƒle ŋu alegbegbe be medidi kuraa hafi wo ame eve la wova zu xɔlɔ veviwo o.

Like our page for the continuation.
Dr Setor Norgbe

08/08/2023

It is finally happening... Every FC Barcelona fan's dream right now...

08/08/2023

If not for anything, pay your TV license fee just appreciate the efforts of the GTV Ghana facebook admin.

30/07/2023

Young And Strong 💥 🔥

Amerado Burner and Strongman

Photos from Outline Media's post 24/07/2023

Like👍 for pink, Love ❤ for blue... Let's go...

Want your establishment to be the top-listed Arts & Entertainment in Tema?
Click here to claim your Sponsored Listing.

Telephone

Address


Tema